Luke 18:18-30

Ɖekakpui kesinɔtɔ la

(Mateo 19:16-30; Marko 10:17-31)

18Gbe ɖeka la, Yudatɔwo ƒe kplɔla ɖeka biae be, “Nufiala nyui, nu kae mawɔ be mayi dziƒo?”

19Yesu biae be, “Ebu be ènya nu si gblɔm nèle esi nèyɔm be ame nyuia? Le nyateƒe me la, ame aɖeke menyo o, negbe Mawu ɖeka ko. 20Ke le wò biabia ŋu la, magblɔ be ènya seawo xoxo be, mègawɔ ahasi o, mègafi fi o, mègawu ame o, mègada alakpa o, bu fofowò kple dawò, kple bubuawo.” 21Ŋutsua ɖo eŋu nɛ be, “Mewɔ ɖe se siawo katã dzi tso keke nye ɖevime ke.”

22Yesu gblɔ nɛ be, “Esusɔ nu vevi ɖeka nàwɔ, yi nàdzra nu siwo katã le asiwò eye nàtsɔ ga la na ame dahewo; esia anye kesinɔnu na wò le dziƒo ekema, va nàdze yonyeme.”

23Gake esi ŋutsua se nya sia la, etrɔ dzo nublanuitɔe, elabena kesinɔtɔ gã aɖe wònye.

24Yesu nɔ eyome kpɔm esi wòyina eye wògblɔ be, “Asesẽ na kesinɔtɔ ŋutɔ be woageɖe mawufiaɖuƒe la me! 25Anɔ bɔbɔe na kposɔ be wòato abi ƒe vo me ado, tsɔ wu be kesinɔtɔ nage ɖe mawufiaɖuƒea me.” 26Ame siwo le afi ma se nya si wògblɔ la gblɔ be, “Nenye be esesẽ alea ɖe, ekema ame ka koŋ ate ŋu akpɔ ɖeɖe sia?”

27Eɖo eŋu be, “Mawu ate ŋu awɔ nu si amegbetɔ mate ŋu awɔ o!” 28Petro gblɔ nɛ be, “Míawo la míegblẽ míaƒe aƒewo kple nu sia nu ɖi dze yowòme.” 29Yesu ɖo eŋu be, “Esia le me vavã eye ame sia ame si gblẽ eƒe aƒe, srɔ̃a, nɔviawo, dzilawo alo viawo ɖi ɖe mawufiaɖuƒea ta la, 30akpɔ fetu geɖe fifia, eye wòakpɔ agbe mavɔ hã le xexeme si le vava ge la me.”

Copyright information for EweBEE